Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Azɔ minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe dzi, esi womekpɔ tsɔ kpe ɖo kpe dzi le Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu me haɖe o:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “ ‘Eya ta, mibu ta me le nu siawo ŋu nyuie tso fifia yina, mibu ale si nuwo nɔ hafi woɖo kpe ɖe kpe dzi hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu.

Gade chapit la Kopi




Hagai 2:15
14 Referans Kwoze  

Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu:


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe mia ƒe zɔzɔme ŋu!


Yemaɣi wodzudzɔ Mawu ƒe xɔdɔ la le Yerusalem, eye wòtsi anyi vaseɖe Persia-fia Dario ƒe fieɖuɖu ƒe ƒe evelia me.


Esi xɔtulawo ɖo gbedoxɔ la gɔme anyi la, nunɔlawo le woƒe awuwo me tsi tre ɖi, eye wotsɔ kpẽwo ɖe asi, eye Lewi-vi, siwo nye Asaf viwo la, tsɔ gakogoewo ɖe asi, ne woakafu Yehowa, abe alesi Israel-fia Dawid ɖo ene.


Minyẽ kɔ kpɔ megbe tso egbe, dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi vaseɖe gbesigbe woɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ gɔme anyi la dzi; milé ŋku ɖe eŋu:


Elabena ɖe mieɖu mia ɖokui me kpɔ la, anye ne womele ʋɔnu drɔ̃ ge mi o.


Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku.


Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.


Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.


Amesi nye nunyala la, nelé ŋku ɖe esia ŋu, eye wòadze si Yehowa ƒe amenuveve!


Ɣemaɣi la wova lu bablakɔa ɖe, si anye nudotree blave la gbɔ, ke wo ame ewo ko wònɔ; wova weinfiãƒe, be woaku goe blaatɔ̃, gake wo ame blave ko wònɔ.


Hafi ŋkeke siawo naɖo la, fetu menɔ anyi na amegbetɔwo kple lãwo o; amesi do alo va eme la ŋu mefa o, le futɔ ta, eye meɖe adã ta me na amegbetɔwo katã ɖe wo nɔewo ŋu.


Ke azɔ la nyemele na dukɔ sia ƒe susɔea abe tsã ene o, Yehowa Zebaot ye gblɔe;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite