Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Xagai ɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa be: Alea dukɔ sia kple anyigba dzi dukɔ sia le; alea woƒe asinudɔwɔwɔwo katã kple vɔ, siwo wosana la le; wo ŋu mekɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Azɔ Hagai gblɔ na wo be, “Yehowa be nenema ame siawo kple dukɔ sia le le nye ŋkume. Nu sia nu si miewɔ kple nu sia nu si mietsɔ sa vɔe la ŋuti mekɔ o.” Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Hagai 2:14
11 Referans Kwoze  

Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.


Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?


Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.


Womaƒo wein ɖe anyi na Yehowa o, eye woƒe akpedavɔsawo maɖo dzidzɔ nɛ o; kuteƒenuɖuɖu wònye na wo; amesiwo katã ɖui la, agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui; elabena woƒe nuɖuɖu la, woƒe ɖɔ nu koe wòle ɖo, wometsɔe va Yehowa ƒe mee o.


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite