Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Miyi towo dzi miatsɔ atiwo vɛ, be miatu xɔ lae, ne wòadze ŋunye, eye bubu nanɔ ŋunye, Yehowa ye gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Miyi ɖe towo dzi ne miatso atiwo vɛ ne miatsɔ agbugbɔ atu nye gbedoxɔe. Ekema makpɔ ŋudzedze le eŋuti wòade bubu ŋunye.” Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Hagai 1:8
21 Referans Kwoze  

Wotsɔ ga na kpefulawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunono kpakple ami na Sidontɔ vo kple Tirolɔwo, ne woatsɔ sedertiwo atso Libanon dzi ato ƒu dzi ava Yafo, abe alesi Persia-fia Kores ɖe gbe na woa ene.


Azɔ metia xɔ sia, eye mekɔ eŋu be, nye ŋkɔ nanɔ afima tegbee, eye nye ŋku kple nye dzi nanɔ afima ɣeawokatãɣi.


maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matso ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa kple wò koko, si neƒo le ŋkunye me la; meka xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.


Afima maɖe ɖokuinye afia Israel-viwo le, eye nye ŋutikɔkɔe ana agbadɔ la ŋuti nakɔ.


Xɔ megbetɔ ƒe atsyɔ asu gbɔ wu gbãtɔ tɔ, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye made ŋutifafa teƒe sia, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Ne miano eƒe akɔfafa ƒe no, woadi kɔ na mi, eye míakplɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe nu gbogboawo hlohlohlo, miaƒe; dzi nagbɔ ɖe eme.


Woahe Libanon ƒe atsyɔ̃, sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa vɛ na wò, ne natsɔ aɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe ƒe nɔƒe, eye nade bubu nye afɔ nɔƒe ŋu.


Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.


Woatsɔ kpe gãwo ãɖo amli etɔ̃, eye amli ɖeka nanye ati; ga, si woɔgblẽ ɖe ete la, natso fiaƒe me.


Eye wòva me le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe alafa ene blanyilia me, le esime Salomo ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe ene megbe la, ede asi xɔtutu me na Yehowa le ɣlati Ziw, si nye ɣleti evelia dzi.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe mia ƒe zɔzɔme ŋu!


Eyata midi Yehowa, mia Mawu la, kple miaƒe dzi kpakple miaƒe luʋɔ, eye mitso, ne miatu Yehowa Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, ne woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ada ɖe xɔ, si tu ge woala na Yehowa ƒe ŋkɔ la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite