Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amesiawo le gbɔgblɔm be: Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Ame siawo le gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi mede ne woagbugbɔ nye gbedoxɔ atu o.’ ”

Gade chapit la Kopi




Hagai 1:2
14 Referans Kwoze  

Esi wonya xlẽ Artaxsasta ƒe agbalẽa me nya na Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai kpakple wo nɔviwo la, wowɔ kplakplakpla yi Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wotsɔ sesẽ xe mɔ na wo.


Tso gbemagbe nye ɖekakpuiawo ƒe afa woa dɔ, eye afa evelia léa akplɔ, akpoxɔnu kple da ɖe asi, eye wodo gawu, eye amegãwo tsi tre ɖe Yuda ƒe aƒe blibo la megbe.


Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Ke ŋutsu, siwo hã ɖe la, gblɔ bena: Míate ŋu ade dukɔ mawo gbɔ o, elabena wosesẽ wu mi.


Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Kuvlatɔ be, dzata le xexe ava wu ye le kpɔdome.


Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Eye Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Ke le fia Yoas ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me la nunɔlawo mekpɔ ɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo haɖe o.


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite