Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ale Yehowa de dzo Zerubabel, Sealtiel ƒe vi, ame si nye Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã kple Yosua, Yehozadak ƒe vi, nunɔlagã la kple ame mamlɛawo ƒe gbɔgbɔ me. Woƒo ƒu eye wodze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ tutu gɔme

Gade chapit la Kopi




Hagai 1:14
19 Referans Kwoze  

Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la, — bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa ɖo Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena:


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel bena: Mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge,


Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Tete Yuda kple Benyamin ƒe aƒekɔwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiame, si ƒe gbɔgbɔ Mawu nyɔ la, tso be, yewoayi aɖatu Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem.


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;


Tete Israel ƒe Mawu la nyɔ Asur-fia Pul ƒe gbɔgbɔ kple Asur-fia Tiglat-Pileser ƒe gbɔgbɔ de wo, eye wokplɔ Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase ƒe to afã la dzo yi Xalax, Xabor kple Hara kpakple Gozan-tɔsisi la nu vaseɖe egbe.


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔea bena:


Ke esi Yudatɔ, siwo tso teƒewo katã le wo gbɔ la, va gblɔ na mi zi ewo be, mítrɔ va yewo gbɔ la,


Fia nenyae be, miede Mawu ga la ƒe xɔ gbɔ le Yuda-nyigba dzi, wotsɔ kpe gãwo le etumi, eye wode atiwo gliawo me, wole dɔ sia dzi kple mo vevi, eye wole ŋgɔ dem le wo si me.


Ɣemaɣi Zeruhabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, wotso hede asi Mawu ƒe xɔ la tutu me le Yerusalem, eye Mawu ƒe nyagblɔɖilawo le wo ŋu hedo alɔ na wo.


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


le fia Dario ƒe ƒe evelia me le dzinu adelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite