Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Hagai 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le fia Dario ƒe ƒe evelia me? le dzinu adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Fia Darius ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe evelia me le ɣleti adelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Yehowa ƒe gbe va to Hagai, nyagblɔɖila la dzi na Yudatɔwo ƒe anyigbadziɖulagã, Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple nunɔlagã Yosua, Yehozadak ƒe vi dzi.

Gade chapit la Kopi




Hagai 1:1
41 Referans Kwoze  

wogbɔ kple Zerubabel, Yesuya, Nexemya, Seraya. Reelaya, Mardoxai, Bilsan, Mizpar, Bigewal, Rexum kple Baana, Israel-dukɔ la ƒe xexlẽme enye si.


Esi wogbɔ va Mawu ƒe aƒe la gbɔ le Yerusalem la, Zerubabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, kpakple wo nɔvi susɔeawo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple amesiwo katã gbɔ tso abe yo me va Yerusalem la, wodze egɔme le ƒe eve megbe le dzinu evelia me. Woɖo Lewi-vi, siwo xɔ ƒe blave, kpakple edzivɔwo la, ne woana Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ nu.


Tete Yesua, Yozadak vi, kple nɔvia, siwo nye nunɔlawo, kpakple Zerubabel, Sealtiel vi, kple nɔviawo wotso, eye wodi Israel ƒe Mawu ƒe vɔsemlekpui la, ne woasa numevɔ le edzi, abe alesi woŋlɔe de Mawu ƒe eme Mose ƒe se la me ene.


Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Tete Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ la ƒe susɔeawo katã wose Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe kple nyagblɔɖila Xagai ƒe nya, siwo Yehowa, woƒe Mawu la, de asi nɛ ɖo ɖe wo; eye dukɔ la vɔ̃ Yehowa.


wogbɔ kple Zerubabel, Yesua, Nexemya, Azarya, Raamya, Naxamani, Mardoxai, Bilsan, Misperet, Bigewai, Nexum kple Baana. Israel-dukɔ la ƒe ŋutsuwo ƒe xexlẽme enye si:


Tete Yehowa de dzo lã me na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel, Sealtiel vi, kple nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, kpakple dukɔ ƒe susɔeawo katã, be wova hewɔ dɔ le Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la ƒe xɔ la ŋu,


Eye Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo tui wòdze edzi na wo le nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, Ido vi ƒe nyagblɔɖi la nu, eye wotui hewu enu le Israel ƒe Mawu ƒe sedede kple Kores, Dario kpakple Persia-fia Artaxsasta ƒe sedede nu.


Eye Yehowa ƒe gbe va na Xagai zi evelia, le dzinu la ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi bena:


Eyata Zerubabel, lé dzi ɖe ƒo, Yehowa ye gblɔe! Nunɔlagã Yosua, Yozadak vi, lé dzi ɖe ƒo! Mi dukɔ hahoo la katã, milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ dɔ, Yehowa ye gblɔe! Elabena meli kpli mi, Yehowa Zebaot ye gblɔe,


Yesua dzi Yoyakim, Yoyakim dzi Elyasib, eye Elyasib dzi Yoyada,


Nunɔlawo kple Lewi-vi, siwo gbɔ kple Zerubabel. Sealtiel vi, kpakple Yesua, wo ye Seraya, Yeremya, Ezra,


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Tso gbemagbe, esi wode se nam be, mazu anyigba dzikpɔla le Yuda-nyigba dzi la, mia kple nɔvinyewo míeɖu anyigba dzikpɔnu o ƒe wuieve sɔŋ, tso fia Artaxsasta ƒe ƒe blavelia dzi vaseɖe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia dzi.


Yemaɣi wodzudzɔ Mawu ƒe xɔdɔ la le Yerusalem, eye wòtsi anyi vaseɖe Persia-fia Dario ƒe fieɖuɖu ƒe ƒe evelia me.


wova Zerubabel kple aƒekɔwo ƒe lalɔwo gbɔ gblɔ na wo bena; Míawo hã míatui kpli mi, elabena míele mía Mawu la dim abe míawo ke ene, eye eya míele vɔ sam na tso gbesigbe Asur-fia Asar-Xadon kple mi va afisiae la.


Eye anyigba dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔetɔ ƒe ɖeke, o, vaseɖe esime nunɔlaa ɖe natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Persia-fia Kores na kesinɔnu dzikpɔla Mitredat de wo nu, eye wòxlẽ wo na Yuda ƒe amegã Sesbazar.


Pedaya ƒe viwo nye: Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viwo nye: Mesulam kple Xananya; wo nɔvinyɔnu enye Selomit;


Yexonya, amesi nye aboyome la ƒe viwo nye: Sealtiel,


Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo xɔ tso Xamat nutowo me vaseɖe tagbaƒu la nu, abe alesi Yehowa. Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖila Yona, Amitai vi, tso Gat-Xefer dzi la ene.


Eye woɖii, eye Israel blibo la fa nɛ, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to eƒe dɔla nyagblɔɖila Axiya dzi la nu.


amesi nye Yohanan vi, amesi nye Resa vi, amesi nye Zerubabel vi, amesi nye Salatiel vi, amesi nye Neri vi,


Eye wògblɔ bena: Taflatse, Aƒetɔ, ɖi amea ɖe do boŋ.


ke womebu esiwo woxɔ le nudzralawo, asitsalawo kple Arabia-fiawo katã kpakple anyigbadzikpɔlawo si la, ɖe eme o.


Eye nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, Ido vi, gblɔ nya ɖi na Yuɖatɔ, siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, si le wo nu la ƒe ŋkɔ me.


Le ɣemayi la Tatnai, amesi nye anyigba, si le tɔsisi la ƒe go keme dzi la ƒe dzikpɔla, kple Setar-Boznai kpakple wo nɔviwo va wo gbɔ gblɔ na wo bena: Ameka ɖe gbe na mi be, miatu xɔ sia, eye miaflɔ gliawo nu?


Nunɔlãwo ƒe vi, siwo ɖe nyɔnu tutɔwo, wokpɔ le Yozadak vi, Yesua ƒe viwo kple nɔviawo dome la, wonye Maaseya. Eliezer, Yarib kple Gedalya,


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Amesiawo le gbɔgblɔm be: Azã meɖo edzi, be woatu Yehowa ƒe xɔ haɖe o.


Eye Yehowa ƒe gbe va to nyagblɔɖila Xagai dzi bena:


Gblɔ na Yuda ƒe anyigbanunɔla Zerubabel bena: Mele dziƒo kple anyigba ʋuʋu ge,


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


le fia Dario ƒe ƒe evelia me le dzinu adelia ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi.


Le Dario ƒe ƒe evelia me, le dzinu enyilia dzi la Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zaxarya, Iɖo vi Berexya ƒe vi, bena:


Eye wòna mekpɔ nunɔlagã Yosua tsi tre ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋku me, eye Satana tsi tre ɖe eƒe ɖusi me, be wòatso enu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite