Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wo katã wova ɖe ŋutasesẽ ŋu, wotso woƒe ŋkume tu ŋgɔ tẽ, eye weƒo aboyo mewo nu ƒu abe ke ene

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Woƒe tameɖoɖo koe nye be woagblẽ nu. Woƒe amehawo gbɔna kple du abe yaƒoƒo kple dzo sesẽ le dzogbe ene, ne woalé aboyomewo woasɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene.

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:9
22 Referans Kwoze  

Ke Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: „Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la;


Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna; woatu anyigba ƒe ke-keme, ne woaxɔ nɔƒe, siwo menye wo tɔ o la.


Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.


wohoe ƒu anyi le dziku me, eye ɣedzeƒeya no tsi le eƒe tsetsewo me; woŋe eƒe alo gã la, eye wòƒu wotɔ dzoe.


Kpɔ ɖa, wodoe, ke de wòadze edzia? Ne ɣedzeƒeya be ɖe eme la, ɖe maku oa? Kpo, si dzi wòmie do la dzie wòaku ɖo.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, made se woatrɔ agbɔ va du sia ŋu, ne woawɔ aʋa kplii axɔe, ata dzoe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.


eyata, kpɔ ɖa, makplɔ anyiehe ƒomeawo katã kple nye dɔla Babel-fia Nebukaɖnezar vɛ, eye mana woava ƒo ɖe anyigba sia kple edzinɔlawo kple dukɔ sia katã dzi godoo, matsrɔ̃ wo gbidigbidi, eye matsɔ wo awɔ bibi, alɔmeɖenu kple aƒedoe tegbee; Yehowa ye gblɔe!


Woƒe ahosiwo asɔ gbɔ wu ƒutake; makplɔ nugblẽla aƒu ɖekakpuiwo dada le ŋdɔkutsu dzatsɛ, mana vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi nava wo dzi kpoyi.


Ɣemaɣi woagblɔ na nye dukɔ kple Yerusalem bena: Ya xɔdzo tso to ɖiƒeƒle ta me le gbe dzi gbɔna nye dukɔ ƒe nyɔnuvi gbɔ, menye be, woatsɔ agbo lui, alo woatsɔ ana nu me nadzae o.


Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.


Esi nènyã wo ɖa la, mèhe to na wo wòtso eme o; etsɔ wò ya ʋuɖuʋudu kplɔ wo ɖae le gbesigbe ɣedzeƒeya ƒo.


Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke! Ne menyo la, megale gbɔwò ko.


Mebu be, mía kple nye atɔ koe atsrɔ̃, eye nye ŋkekewo asɔ gbɔ abe ke ene,


Eye Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo ƒu asaɖa anyi ɖe bali la me kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene, eye woƒe kposɔ naneawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene.


Eye Yosef tu bliawo ɖo wòsɔ gbɔ ŋutɔ abe ƒutake ene, ale bena womagate ŋu adzidzee o, eye wodzudzɔ edzidzedzidze.


Ke wometsɔ ga, si woxe ɖe dzidada kple nuvɔ̃wo ta la, va Yehowa ƒe me o; nunɔla wo tɔ wònye.


Ado ta me be, yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo vɛ; eye wòaɖu dzo kplii ahatsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, ne wòagblẽ anyigba la; ke mava me o, eye medze edzi nɛ o.


Ɖe wòanɔ eƒe ɖɔ kam, eye wòanɔ dukɔwo wuwu dzi ɖaa nublanui makpɔmakpɔea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite