Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu, ade se, eye wòaɖu gã ɖe eya ŋutɔ ƒe akɔta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu; wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu; wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi.

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:7
11 Referans Kwoze  

Ɣemaɣi la dukɔ, si dza atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre, dukɔ, si wovɔ̃na le dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi la, ahe nunanawo vɛ na Yehowa Zebaot, ayi Yehowa Zebaot ƒe ŋkɔ ƒe nɔƒe, ayi Zion-to la gbɔ.


Yi nagblɔ na wo bena: Migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo gbɔ!


Nya siawo Yehowa gblɔ kple gbe sesẽ tso to la dzi na miaƒe ameha blibo la le dzo, alilikpo kple viviti me, eye megagblɔ ɖeke kpe ɖe wo ŋu o, eye wòŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi hetsɔ nam.


anyigba, si dɔ amewo ɖo ɖe atsiaƒu dzi, eye wole aƒlaʋuwo me to tɔwo dzi! Mi dɔla ɖablɛwo, miyi dukɔ, si dzɔ atsu ƒlalu, eye eŋu zrɔ̃ dredredre la gbɔ, dukɔ, si wovɔ̃na dea didiƒe ke, dukɔ, si klitsu, eye wònyãa avuzi le ame dzi, dukɔ, si ƒe anyigba me tɔsisiwo to yi.


Wò fia, éɖo ŋku anyi, eye nèkpɔ legba gãa ɖe; legba la lolo, eye eƒe dzodada teƒe mekɔ o, ele tsitrenu de ŋkuwò me, eye eƒe nɔnɔme dzi ŋɔ.


Amesi wɔ xexeame wòzu gbegbe, gbã eƒe duwo ƒu anyi, eye mede asi le eƒe aboyomewo ŋu ɖo de aƒe o la, nye esia?


Azɔ see, wò agbe vivi ɖula, si li bɔkɔɔ, eye nèle gbɔgblɔm le wò dzi me be; Nye koe, ɖeke megali o, nyemazu ahosi o, eye womaɖe vi le ŋunye o.


Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite