Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Miɖe ŋku de dukɔwo dome, mikpɔ nu, eye miaƒe nu neku! Elabena mele nane wɔ ge le mia ŋɔli, eye ne wotoe na mi la, miele exɔ ge ase o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yehowa ɖo eŋu nam be, “Nɔ ŋku lém ɖe dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋuti eye nu si nàkpɔ la awɔ nuku na wò. Mele nane wɔ ge le wò ŋkekewo me esi ne wogblɔe na wò la màxɔe ase o.

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:5
15 Referans Kwoze  

Anyigba dzi fiawo kple xexeametɔwo katã mexɔe se be, ketɔ kple futɔ la age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me hafi o.


eyata kpɔ ɖa, megaɖe nukunu afia ɖe dzi ɖe dukɔ sia ŋu, nukunuwo ƒe nukunu wòanye, nunya abu ɖe woƒe nunyalawo, eye gɔmesese asi abe ɖe woƒe nugɔmeselawo.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Miɖo asi nu, eye miaƒe nu Hetsi te, mitre ŋku, eye mizu ŋkuagbãtɔwo! Womu aha, ke menye wein ye wɔe o, wole ya mum, ke menye aha muame ye wɔe o.


Yehowa be: Matsrɔ̃ nusianu ɖa le anyigba dzi petepete.


Eye wòwɔ eƒe nya, si wògblɔ ɖe mía kple míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu mí ŋu la dzi, be yeahe dzɔgbevɔ̃e, si meva me le dziƒo blibo la te kpɔ o la, ava mia dzii, abe alesi wodzɔ ɖe Yerusalem dzii ene.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom! Yehowa, gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia Ie ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite