Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yehowa, ɣekaɣi mana yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam? Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o. Nu ka ta medo ɣli be: “Ŋutasesẽ le edzi yim” gake mèɖo xɔname ɖa o.

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:2
10 Referans Kwoze  

Ne mele ɣli dom le eyɔm hã le, etua nu ɖe nye gbedodoɖa nu.


Nukaŋuti nèbe, yeanɔ abe ŋutsu, si ƒo dzi ɖe le kple kalẽtɔ, si mate ŋu axɔ na ame o la ene? Yehowa, èle mía dome, eye woyɔa wò ŋkɔ de mía ŋu, màgagblẽ mí di o!


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Ɣekaɣie, Yehowa, ɣekaɣi ame vɔ̃diwo atso aseye ase ɖo?


Kpɔ ɖa, meyɔ ame le ŋutasesẽ ta, gake wometɔ nam o; meɖo ɣli le xɔname ŋuti, ke wometso nam o.


Tete Yehowa ƒe dɔla la xɔ edzi gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ɣekaɣi nagbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda-du, siwo ŋu nẽdo dziku ɖo ƒe blaadre sɔŋ enye si la, ase ɖo?


Nye Mawu, meyɔ wò le ŋkeke me, ke mètɔ nam o, eye le zã me, ke nyemekpɔ gbɔdzɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite