Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata wòsavɔ na eƒe ɖɔ, eye wòɖo dzudzɔ na eƒe aguɖɔe; elabena woawoe na eƒe gome ɖa ami, eye eƒe nuɖuɖu sɔ gbɔ fũ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Esia ta wòsa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ na eƒe asabu, elabena eƒe ɖɔe na wòle agbe vivi ɖum eye nuɖuɖu damiwo le eƒe akɔme.

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:16
11 Referans Kwoze  

Emegbe aho adzo abe ahom ene, eye enu ayi; ke amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ mawui la: to vo ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu.


Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


kpɔ ɖa, ènya nu wu Daniel, nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me ɖe wò o;


Eye megabu le ɖokuiwò me be: Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o;


Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“


Eɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu to wò dɔlawo dzi gblɔ bena. Metsɔ nye tasiaɖam geɖeawo va towo ta me, vaseɖe Libanon ƒe tsutsuẽƒe ke, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, eye mede eƒe kɔkɔƒe kekeake kple eƒe abɔ me ti dodowo gbɔ.


Elabena Yehowa tɔ enye fiaɖuƒe la, eye wòle fia ɖum ɖe dukɔwo dzi.


mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo ɖo dziku nam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔwo le Egipte-nyigba dzi, afisi mieyi, be miaɖanye amedzro le, ne miatsrɔ̃ mia ɖokui, eye miazu ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu le anyigba dzi dukɔwo katã domea?


ke boŋ miawɔ ɖe nya sia nya, si do tso mía nu la nu, míado dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu, eye miaƒo tsi ɖe anyi nɛ, abe alesi mia kple mía fofowo, míaƒe fiawo kple míaƒe amegãwo míenɔa wɔwɔm le Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, eye míekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, eme nyona na mí, eye míekpɔa dzɔgbevɔ̃ea ɖeke kple ŋku o la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite