Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Emegbe aho adzo abe ahom ene, eye enu ayi; ke amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ mawui la: to vo ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Emegbe wohona dzona abe ya si ƒo va yi la ene gake woƒe nu vɔ̃ do agba ɖe wo dzi elabena wotsɔ woƒe ŋusẽ wɔ woƒe mawue.”

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:11
10 Referans Kwoze  

Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Yehowa be: Israel le kɔkɔe na Yehowa, eƒe agblemenu gbãtɔwo wonye; amesiwo katã ɖui la, kpɔe ɖe enu; dzɔgbevɔ̃e va wo dzi!


Eyata wòsavɔ na eƒe ɖɔ, eye wòɖo dzudzɔ na eƒe aguɖɔe; elabena woawoe na eƒe gome ɖa ami, eye eƒe nuɖuɖu sɔ gbɔ fũ.


Adzoblasuwo ƒe agbadɔwo le ŋutifafa me, eye amesiwo le dedie do dziku na Mawu, eye woƒe kɔŋɔŋlɔ nye mawu na wo.


Elabena egblɔ be: Nye asi ƒe ŋusẽ kple nye nunya metsɔ wɔe, elabena mese nu gɔme, meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene;


Ale Yehowa gblɔ esi; Nunyala megaƒo adegbe le eƒe nunya ŋu o, ŋusẽtɔ megaƒo adegbe le eƒe ŋusẽ ŋu o, eye kesinɔtɔ megaƒo adegbe le eƒe kesinɔnu ŋu o;


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite