Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Habakuk 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Woaɖe alɔme le fiawo ŋu, eye woaku amegãwo, mɔ̃ sesẽwo anye fefenu na wo, eye woatsɔ anyi aƒu kpoe ahaxɔ wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Woɖua fewu le fiawo kple dumegãwo ŋuti eye woɖea alɔme le woƒe mɔ sesẽwo ŋuti. Ɖeko woƒua kpo ɖe woƒe gli sesẽwo ŋuti eye woxɔa dua!

Gade chapit la Kopi




Habakuk 1:10
14 Referans Kwoze  

Eye Nebukadnezar, Babel-fia, ho ɖe eŋu, eye wòde kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel.


Kpɔ ɖa, kpoƒuƒu va keke dua ŋu ke, ne woaxɔe, eye woatsɔ du la ade asi na Kaldeatɔ, siwo le aʋa wum kplii, le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta; nya, si nègblɔ la, va me, eye nèle ekpɔm tso,


Amesiwo kpɔ wò la, aɖe ŋku ɖe wò, agaɖe ŋku ɖe wò ʋuu agblɔ bena: Ŋutsu, si na anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo la, nye esia?


Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du siawo me xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo, siwo wogbã ƒu anyi le kpoƒuƒuawo kple yi ta la ŋuti enye si:


Tete Yuda-fia Yoyaxin do yi Babel-fia gbɔ, eya kple dadaa kple eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple eƒe aƒemenu dzikpɔlawo, eye Babel-fia ɖe aboyoe le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.


Ɖe meva me na Kalno abe Karkemis ene, Xamat abe Arpad ene, Samaria abe Damasko ene oa?


Afika Xamat-fia, Arpad-fia kple du Sefarwayim, Hena kple Iwa ƒe fia le?


ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Woaɖe tablanu da, eye woade fiakuku ɖi. Maganɔ alea o, ke boŋ woado ame tsɛ ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegã ɖe anyi.


Atsɔ yi awu wò du, siwo le anyigba dzi la me tɔwo, eye woatu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye wòakɔ akpoxɔnu dzi ɖe ŋuwò.


Eye wòava me le Yehowa ƒe vɔsagbe be, mahe to na amegãwo kple fiaviwo kpakple amesiwo katã taa dutatɔwo ƒe avɔwo la.


Ale Yehowa gblɔ esi: Míese ŋɔdziɣli, vɔvɔ̃ ɖeɖe sɔŋ, eye ŋutifafaa ɖeke meli o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite