Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋuta ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ame sia ame nado eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo kpɔ, ekema woate ŋu aƒo adegbe le wo ɖokuiwo ɖeɖe ko me, ke menye be woatsɔ wo ɖokuiwo asɔ kple ame bubu aɖeke o,

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 6:4
17 Referans Kwoze  

Mite mia ɖokui kpɔ, abe ɖe miele xɔse me ene; mido mia ɖokui kpɔ! Alo ɖe miedze si mia ɖokui bena, Yesu Kristo le mia me oa? Negbe ɖeko mieli ke o.


Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Tosẽla ƒe zɔzɔme ɖia ƒo nɛ, nenema enye ame nyui ƒe nuwɔwɔ hã.


Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ,


Elabena amesiwo wotso aʋa na ŋutɔ hã, melé se la me ɖe asi o, ke boŋ wole didim be, miana yewoatso aʋa na mi, bene yewoaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã me.


Ke amesi le nu ɖom kple amesi le tsi demi la, wo kpakple eve le ɖeka, hafi amesiame axɔ ye ŋutɔ ƒe fetu le ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ la nu.


Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu.


bena miaƒe adegbeƒoƒo la nasɔ gbɔ ɖe dzi le Kristo Yesu me le tanye to esia me, bena magava mia gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite