Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:22
44 Referans Kwoze  

Nyee nye weinti la, miawo míenye alɔwo. Amesi nɔa menye, eye nye hã menɔa eme la, eya tsea ku geɖe: elabena nye manɔmee la miele eŋute ge awɔ naneke o.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Alo mido ati nyui la, eye eƒe kutsetse lanyo; alo mido ati manyomanyo la, eye eƒe kutsetse la manye o; elabena ati ƒe tsetse wotsɔna dzea sii.


Ke azɔ la xɔse kple mɔkpɔkpɔ kpakple lɔlɔ̃, nu etɔ̃ siawo nɔa anyi; ke lɔlɔ̃ la ƒo wo katã ta.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


ke boŋ mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me,


Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.


Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Megana amea ɖeke naɖo vlo wò ɖekakpuinyenye o, ke boŋ nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me.


elabena Kristo hã medze eɖokui ŋu o, hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesiwo dzu wò la ƒe dzudzu va dze dzinye.“


Meŋlɔ nya kpui sia ɖo ɖe mi to Silvano, amesi mebu nɔvi nuteƒewɔla la, si me hele nu xlɔ̃m, mi, eye mele ɖase ɖim bena, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ. Minɔ tsitre sesĩe ɖe eme.


Ke nɔvinyewo, nye ŋutɔ meɖo ŋu ɖe mia ŋu keŋ bena, míenye amesiwo dɔmenyonyo yɔ fũ, eye sidzedze yɔ mi taŋtaŋ, bene miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo hã.


ɖewohĩ ava tse ku; ke ne mele nenema o la, nalãe aƒu anyi.


Nenema ke nyɔnuwo hã nalé wo ɖokui nyuie: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woanye amè ɖɔŋuɖowo, nuteƒewɔlawo le nusianu me.


Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.


eye bena woaɖe mí atso votolawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me; elabena menye amewo katã si xɔse la le o.


Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze; dzigbɔɖitɔ nyo wu ɖaɖala.


Kpɔ ɖa, mayɔ dɔ wo, eye mahaya wo, eye mana ŋutifafa kple nyateƒe wo fũ,


Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina.


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena, miade dzinye ate kame le gbedodoɖawo me na Mawu ɖe tanye,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite