Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Kpɔ ɖa, nye Paulo mele egblɔm na mi bena, nenye be, miena wotso aʋa na mi la, Kristo maganye viɖea ɖeke na mi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:2
16 Referans Kwoze  

Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o.


Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o.


Ke nye la, nɔviwo, ne megale gbe ƒã ɖem aʋatsotso la, nukaŋuti wogale yonyeme tima? Ekema woɖe atitsoga ƒe nuɖiaɖia ɖa tso.


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;


Eyata míedi be, míava mia gbɔ, nye Paulo la zi ɖeka kple zi eve hã: ke Satana xe mɔ na mí.


Esi menye amesia tɔgbe la, nye Paulo tsitsi, si nye Kristo Yesu ƒe gatɔ hã azɔ la,


Ɖuɖɔ, si nye Paulo metsɔ nye asi ŋlɔe la, enye esi.


Ke amea ɖewo, siwo tso farisitɔwo ƒe kɔmamã me, amesiwo xɔ se la, tsi tre, eye wogblɔ bena, ele bena, woatso aʋa na wo, eye woaɖo na wo be, woalé Mose ƒe se la me ɖe asi.


Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔe, maxe fea; nyemelɔ̃ be, magblɔ na wò bena, wò ŋutɔ ɖokuiwò gɔ̃ hã ƒe fe nènyi le asinye o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite