Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:17
35 Referans Kwoze  

elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.


Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.


Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Wò ɖoɖowo yome didi ɣesiaɣi na nye luʋɔ gbã gudugudu.


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Maƒu du le wò sewo ƒe mɔ dzi, elabena èvu nye dzi gbloto.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.


eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele alɔ̃ dɔm? Mitsi tre, ne míado gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!


Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.


Azɔ la, ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti mahã? Gbeɖe! Elabena ɖe wona sea ɖe, si ate ŋu ana agbe la, anye ne se la me ke dzodzoenyenye la tso vavã.


Eye wògblɔ ne bena: Aƒetɔ, mesu te be, mia kpli wò míayi gaxɔ me kple ku me.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.


Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?


Metra abe alẽ bubu ene; di wò dɔla, elabena nye ŋku medzo le wò seawo dzi o.


Kpɔe ɖa dzro, melɔ̃a wò seawo; Yehowa, gbɔ agbem le wò amenuveve la nu.


Tsɔ wò nya la li ke nye afɔɖeɖe, eye megana nu vɔ̃ɖia ɖeke naɖu fia de dzinye o!


Kpɔ ɖa, wò sewo le dzroyem; tsɔ wò dzɔdzɔenyenye gbɔ agbem.


Na mato wò se la ƒe mɔ dzi, elabena eƒe nu nyo ŋunye.


Eɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.


Eye Yehowa gblɔ bena: Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite