Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Oo, ɖe wòala amesiwo de dzi mia me la ɖa!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:12
18 Referans Kwoze  

Nye la meɖo ŋu ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miele nu bubua ɖeke susu ge o; ke amesi ke blu miaƒe tame la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ anɔ edzi, ameka ke wòɖanye o!


Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!


Ne èxlɔ̃ nu kɔmamãwɔlaa ɖe zi ɖeka alo zi eve la, nagbee;


Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,


Gblɔ na wo bena: Ne mia viwo alo miaƒe dzidzimeviwo dometɔa ɖe ŋu mekɔ o, eye wote ɖe nunana kɔkɔe, siwo ŋu Israel-viwo kɔ na Yehowa ŋuti la, ekema woatsrɔ̃ ame la ɖa le nye ŋku ta. Nyee nye Yehowa!


Ne amea ɖe wɔ etɔgbe alo wòna eƒe ɖe ame bubua ɖe la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.


Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Eye ne ŋutsua ɖe ti, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la.


Ke wowɔe le aʋatsonɔvia ɖewo, siwo be va tra ɖe eme, bene woatsa ŋku miaƒe ablɔɖenyenye, si le mía si le Kristo Yesu me la me, bene yewoawɔ mí kluviwo ƒã la ŋuti,


Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la;


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuvɔ̃ me pete wodzi wò ɖo, eye wòa nèle nu fiãm mi mahã? Eye wonyae do goe.


Israel-viwo magate ŋu anɔ te ɖe woƒe futɔwo nu akpɔ o, megbe kokoko woatrɔ ade woƒe futɔwo, elabena busu le wo dzi. Nyemaganɔ anyi kpli mi o, negbe ɖeko miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Amea ɖeke megaɖe fofoa srɔ̃, eye wòaklo fofoa ƒe avɔ o.


Laban ɖo ŋu bena: Nenɔ nenema, abe alesi negblɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite