Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke nye la, nɔviwo, ne megale gbe ƒã ɖem aʋatsotso la, nukaŋuti wogale yonyeme tima? Ekema woɖe atitsoga ƒe nuɖiaɖia ɖa tso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 5:11
17 Referans Kwoze  

ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo;


Ame alesi nu le didim be, yewoadze nyuie le ŋutilã me la, woawoe zi mia dzi, bena miana woatso aʋa na mi, le esia ta ko, bene woagatsɔ Kristo ƒe atitsoga la ati wo yome o.


Ke alesi amesi wodzi le ŋutilã nu la, ti amesi wodzi le Gbɔgbɔ nu la yome tsã la, nenema ke wogale fifia hã.


Ke Tito, si li kplim gɔ̃ hã la, Helatɔ wònye hafi; gake womezi edzi bene, wòana woatso aʋa nɛ o.


Nukaŋuti miawo hã míeɖoa ŋɔdzi me le gaƒoƒo sia gaƒoƒo mea?


eye wose le ŋutiwò bena, èfia nu Yudatɔ, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome, bena wòatrɔ le Mose yome hele gbɔgblɔm bena, womegatso aʋa na wo viwo alo woazɔ le kɔawo nu o.


Tso esia dzi la amea ɖeke megaɖe tu nam o; elabena nye la Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.


Elabena atitsoga la ŋutinya enye bometsinya na amesiwo tsrɔ̃ la, ke mí amesiwo woxɔ la, Mawu ƒe ŋusẽ wònye na mí.


hele ɣli dom bena: Israel-ŋutsuwo, miva xɔ na mí loo! Amesiae nye amesi nɔa nu fiãm amewo katã le afisiafi hetsi tre ɖe dukɔ la kple se la kpakple teƒe sia ŋuti, eye wu esia la ekplɔ Helatɔwo hã va mawuxɔ la me, eye wòƒo ɖi teƒe kɔkɔe sia.


Amesia dim Paulo le bena, woakpe ɖe ye ŋuti, eye wòtso aʋa nɛ le Yudatɔ, siwo le afima nutoawo me la ta; elabena wo katã wonyae bena, fofoa nye Helatɔ.


Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;


O, mi Galatiatɔ manyanuwo! Amekae trɔ tame na mi bena, mieɖo to nyateƒe la o: Mi amesiwo ŋku me woŋlɔ Yesu Kristo ɖo pete, abe amesi woklã ɖe atitsoga ŋu le mia dome la enea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite