28 Ke miawo la, nɔviwo, le Isak nu míenye ŋugbedodo la ƒe viwo.
28 Azɔ nɔviwo, abe Isak ene la, miawo la, mienye ŋugbedodo la ƒe viwo.
Ke amesi tso kosi me la, wodzii le ŋutilã la nu, eye amesi tso ablɔɖenyɔnu me la, wodzii to ŋugbedodo la me.
Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.
Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla, si Mawu bla kple mia fofowo ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham bena: „Eye le wò ƒome la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã le.“
Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome.
eye hã la menye Abraham ƒomewo katãe nye viwo o, hafi „le Isak me woayɔ ƒome ana wò“ boŋ:
Mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la, nɔviwo! Amen.