Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 4:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 elabena Hagar enye Sinai-to la le Arabia, ke esɔ kple egbegbe Yerusalem; elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Eya ta Hagar nye Sinai to si le Arabia, eye wòsɔ kple egbegbe Yerusalem du, elabena eya kple viawo le kluvinyenye me.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 4:25
12 Referans Kwoze  

Elabena menye to, si ŋu woate ŋu aka asii kple dzo bibi kple alilikpo dodo kple viviti kple ahom


eye nyemeyi Yerusalem ɖe amesiwo tre apostolonyenye nam la gbɔ o, ke boŋ metɔ dzi heyi ɖe Arabia, eye megagbugbɔ va Damasko.


amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.


eye woaxlã wo kple viwò, siwo le mewo la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewo o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Mi to tame tsutsuẽwo, nukaŋuti miele to, si Mawu di be, yeatsɔ awɔ ye nɔƒee la, kpɔm ɖe ƒomevii? E, Yehowa anɔ afima tegbee!


Mawu, esi nèho dze wò dukɔ ŋgɔ, eye nètsa le gbegbe la, Sela,


towo dzo kpekpekpe le Yehowa ŋku me, eye Sinai sia ʋuʋu le Yehowa. Israel ƒe Mawu ƒe ŋku me.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Nusiawo nye lododo; elabena esiawo nye nubabla eveawo. Ɖeka tso Sinai-to la dzi, si dzia vi hena kluvinyenye, esia nye Hagar;


Ke dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite