Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia?

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 4:16
17 Referans Kwoze  

Wole fu amesi xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu, eye wonyɔ ŋu nyateƒetola.


Megaka mo na fewuɖula, ne wòalé fu wò o, ka mo na nunyala boŋ, eye alo wò.


Mieƒu du nyuie! Ameka xe mo na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa?


Ke nye la, le esi mele nyateƒe gblɔm ta la, miele dzinye xɔm le sesem o.


Ne ame dzɔdzɔe ƒom la, lɔlɔ̃e; ne ehe to nam la, tamemi wònye, nye ta magbee o, nenye be, ele ewɔm atraɖi hã. Meɖoa gbe ɖa ɖe woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu.


Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.


amesiwo miena mɔ ɖo to wo gaƒoƒo ɖeka hɔ̃ o, bene nyanyuie la ƒe nyateƒe nanɔ te la mia gbɔ ɖaasi.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Ke esime mekpe bena, womele zɔzɔm dzɔdzɔe le nyanyuie la ƒe nyateƒe la nu o lã, megblɔ na Petro le wo katã ŋku me bena: Ne wò amesi nye Yudatɔ la, nènɔ agbe abe trɔ̃subɔla ene, eye menye abe Yudatɔ ene o la, aleke wo nèzi trɔ̃subɔlawo dzi, bena woanɔ agbe abe Yudatɔwo ene mahã?


Eye esi wòƒo nu kplii la, egblɔ nɛ bena: Wòe mietsɔ ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Dzudzɔ, ne menye nenem o la, woaƒo wò. Eye nyagblɔɖila la dzudzɔ hegblɔ bena: Menyae be, Mawu ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò, le esi nèwɔ nusia, eye mèɖo to nye aɖaŋuɖoɖo o ta.


eye migblɔ bena: Ale fia la gblɔ esi: Mitsɔ amesia de gaxɔ me, eye mina abolo viaɖe koe wòaɖu kple tsi viaɖe koe, vaseɖe esime magbɔ le ŋutifafa me.


Azɔ miaƒe dzidzo ƒe kafukafu la, afika wòle mahã? Elabena mele ɖase ɖim le mia ŋuti bena, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me tso nam.


Alesi wole ŋu ʋãm le mia ŋuti la, menyo o; ke boŋ wole didim be, yewoasa mi ɖe aga, bene miaʋã ŋu le yewo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite