Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Azɔ miaƒe dzidzo ƒe kafukafu la, afika wòle mahã? Elabena mele ɖase ɖim le mia ŋuti bena, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me tso nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Azɔ afi ka miaƒe dzidzɔ ƒe kafukafu la le? Elabena mate ŋu agblɔe be, ɖe miete ŋui la, ne mieho miaƒe ŋkuwo le to me hetsɔ nam.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 4:15
17 Referans Kwoze  

amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.


Elabena mele ɖase ɖim le eŋuti bena, ekpɔ agbagbadzedze geɖe le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple amesiwo le Hierapoli la ta.


eye bena míabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me le mia nɔewo dome.


nenema ke esi mielɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.


Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋuta ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Vinyewo, amesiwo ƒe fu gale ɖuyem, halase esime woamè Kristo ƒe nɔnɔme ade nua me!


bene Abraham ƒe yayra la nava trɔ̃subɔlawo dzi le Kristo Yesu me, bene miaxa Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo la to xɔse me.


Elabena mele ɖase ɖim bena, woa ŋutɔwo lɔ̃ na nu faa alesi wote ŋui, eye wona nu wu alesi wote ŋui hã.


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


Eye esiwo le kpe gbadza dzi la, woawo nye amesiwo, ne wole esem la, woxɔa nya la kple dzidzɔ, eye esiawo la ke meli na wo o, esiwo xɔna sena ɣeyiɣia ɖe, eye le tetekpɔ ƒe ŋkekewo me la woɖea megbe.


Eye tetekpɔ, si le nye ŋutilã me na mi la, miedo vloe o, eye mienyɔ ŋui o, hafi boŋ miexam abe mawudɔla alo abe Kristo Yesu ene.


Esi megblɔ nyateƒe na mi la, eyata mezu miaƒe futɔ mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite