Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena, misela medze agbagba dzodzro ɖe mia ta mahĩ?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu be agbagba siwo katã dzem mele ɖe mia ta la zu dzodzro mahĩ.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 4:11
13 Referans Kwoze  

Eyata nye hã, esi nyemegale ŋu do dzi o la, medɔ ɖo ɖa, bene manya miaƒe xɔse, bena misela tela te mi kpɔ, eye míaƒe agbagbadzedze zu dzodzro mahĩ!


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


esi me mieléa agbenya la ɖe asi le hena nye adegbeƒoƒo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, bena nyemeƒu du dzodzro, eye nyemedze agbagba dzodzro hã o.


Ke medi bena, manɔ mia gbɔ fifi, ne matrɔ nye gbe; elabena nye tame blu le mia ta.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o;


Ke megblɔ be: Medze agbagba yakatsyɔ, eye megblẽ nye ŋusẽ ɖe ya me dzodzro; ke Yehowa si me nye nya le, eye nye fetu le nye Mawu gbɔ.


Mieléa ŋku ɖe ŋkekewo kple dzinuwo kple azãgbewo kpakple ƒewo ŋuti.


Mizu abe nye ene; elabena nye hã mezu abe miawo ene! Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi; miewɔ vɔ̃a ɖeke ɖe ŋunye o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite