Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 3:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke hafi xɔse la va la, wodzra mí ɖo ɖe se la te, eye wotu ʋɔ ɖe mia nu hena xɔse, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia emegbe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Hafi xɔse sia nava la, míenɔ babla me le se la te va se ɖe esime woɖe xɔse si le vava ge la ɖe go.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 3:23
15 Referans Kwoze  

Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o.


Azɔ la, nuka ta se la li ɖo? Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, si ŋugbe wodo ɖi la ava, eye woto mawudɔlawo dzi ɖoe anyi to avuléla si me.


Elabena Mawu tu nu amewo katã nu ɖe tomaɖomaɖo me, bene wòakpɔ nublanui na amewo katã.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.


Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite