Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 3:10
18 Referans Kwoze  

Amesi melé se sia ƒe nyawo me ɖe asi o, eye mewɔ wo dzi o la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.


Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woaƒo fi ade amesi meɖo to nubabla sia ƒe nyawo o,


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.


ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.


Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.


Yehowa aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã me, eye wòana dzɔgbevɔ̃e nava edzi, abe alesi nubabla ƒe fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe sea ƒe agbalẽ me la le ene.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Eyata medo gu amegã kɔkɔeawo, metsɔ Yakob de asi na tsɔtsrɔ̃ gbidigbidi, eye Israel na fewuɖuɖu.


Azã la woaƒo fi ade wò, adzo le anyigba, si ke eƒe nu xɔ nɔviwò ƒe ʋu le asiwò no la dzi.


Ke ne ku ƒe subɔsubɔdɔ, si le agbalẽŋlɔdzesiwo me, si woŋlɔ ɖe kpewo dzi la, kpɔ ŋutikɔkɔe ale gbegbe bena Israel-viwo mete ŋu lé ŋku ɖe Mose ƒe ŋku me le eƒe ŋku me ŋutikɔkɔe, si nu tsi la ŋuti o la,


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite