Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yakobo, Kefa kple Yohanes, ame siwo amewo buna be wonye sɔtiwo na hamea la, woxɔ nye kple Barnabas ɖe hamea me esi wode dzesi amenuveve si wonam la. Wolɔ̃ ɖe edzi be míawo míayi ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, eye woawo nayi aʋatsotsotɔwo gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 2:9
32 Referans Kwoze  

Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Ke meyi le nyaɖeɖefiaa ɖe nu, eye metsɔ nyanyuie, si meɖea gbe ƒã le trɔ̃subɔlawo dome la, ɖo wo ŋku me, ke vevietɔ amesiwo wohuna be, wonye nane la ŋku me, bena nyemele du sim dzodzro alo mesi du dzodzro o.


amesi me miekpɔ amenuveve kple apostolonyenye le na xɔse ƒe toɖoɖo le dukɔwo katã dome le eƒe ŋkɔ ŋuti,


nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


ke ne metsi anyi la, ne nanya alesi dze wò be, nazɔ le Mawu ƒe aƒe, si nye Mawu gbagbe ƒe hame kple nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ la me.


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me;


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Gake la metso dzideƒo geɖe wu ŋlɔ na mi le nya si kple nya si ŋuti, nɔvinyewo, abe ɖe magaɖo ŋku wo dzi na mi ene le amenuveve, si Mawu nam la ŋuti,


Eye esi wozi ɖoɖoe megbe la, Yakobo xɔ edzi gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, miɖo tom!


Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.


Ke Yosef, amesi apostolowo yɔna hã be Barnaba, esi ƒe gɔme woɖe bena akɔfafavi, si nye Lewitɔ, amesi wodzi le Kipro la, agble le esi,


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Eye wodzo tso afima heva ɖo go Rexab vi Yonadab, amesi va ekpe ge. Tete wòdo gbe nɛ biae bena: Wò dzi me kɔ, abe alesi nye dzi le ɖe wo dzi ŋu enea? Yonadab ɖo ŋu bena: Ele nenema! Yehu be: Ne ele nenema la, ekema na asim kpɔ! Eye wòna asii. Tete wòna wòɖo egbɔ le tasiaɖam la me,


Eye wòdɔ Petro kple Yohanes gblɔ bena: Miheyi ɖadzra ŋutitotolẽvi la ɖo na mi, be miaɖu.


Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Eye wòɖo asi wo dzi bena, woazi ɖoɖoe, eye wòxlẽ alesi Aƒetɔ la kplɔe do goe tso gaxɔa me la, fia wo. Eye wògblɔ bena: Mika nusiawo ta na Yakobo kple nɔviawo. Eye wòdzo le afima yii afi bubu.


Elabena mebuna be, nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o.


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,


Ƒe etɔ̃ megbe la meyi ɖe Yerusalem, Petro nya ge, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.


Emegbe la, anɔ ƒe wuiene, megayi Yerusalem, mia kple Barnaba, eye metso Tito hã kpe ɖe mía ŋu.


Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite