Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Galatiatɔwo 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye mede ŋgɔgbe le Yudatɔnyenye me wu nye hati geɖewo le nye dukɔ la dome, eye meɖikpi ʋã ŋu akpa le mía fofowo ƒe nuɖoanyiwo ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Galatiatɔwo 1:14
15 Referans Kwoze  

Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.


wonyam tsã, ne wolɔ̃ be, yewoaɖi ɖase, alesi menɔ agbe le miaƒe subɔsubɔ ƒe kɔmamã, si nu sẽ wu wo katã la nu abe farisitɔ ene.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


eye wògblɔ bena Nye la Yudatɔ menye, wodzim le Tarso le Kilikia; gake la du sia me wonyim le, eye Gamaliel ƒe ato nu wòfiã num le pɛpɛpɛ; le mía fofowo ƒe se la nu la ŋuʋãla ɖe Mawu ŋu menye, sigbe alesi mi katã miele egbe sia ene;


Eye miegabua Mawu ƒe se la o le miaƒe koa ŋuti.


Nye la mebu le ɖokuinye me bena, ele nam be, mawɔ nu geɖe, siwo atsi tre ɖe Yesu, Nazaretetɔ la, ƒe ŋkɔ la ŋuti.


eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana atsa dukɔ sia wòaɖu, eye makpe aɖitsi nɛ wòano,


Maɖe wò dzɔdzɔenyenye afia; ke wò dɔwɔwɔwo maxɔ na wo o.


Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


Eye ne wogblɔ na wò be, afika yi ge yewoala hã la, ekema ɖo ŋu na wo be: Ale Yehowa gblɔ esi: Amesi woɖo ɖi na ku la, neyi ku gbɔ, amesi woɖo ɖi na yi la, neyi yi gbɔ, amesi woɖo ɖi na dɔwuame la, neyi dɔwuame gbɔ, eye amesi woɖo ɖi na aboyo la, neyi aboyome.


Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;


Ne adzu la mie, eye wòfu ɣie la, ekema ame la nava nunɔla gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite