Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filemon 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔe, maxe fea; nyemelɔ̃ be, magblɔ na wò bena, wò ŋutɔ ɖokuiwò gɔ̃ hã ƒe fe nènyi le asinye o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Maɖo eteƒe na wò. Nye, Paulo, meɖo kpe nya sia dzi na wò to nu sia ŋɔŋlɔ kple nye asi na wò me. Ke nyemakɔ nu le fe si nènyi le asinye la dzi o! Nya lae nye be wò luʋɔ la ŋutɔe nye fe si nenyi le asinye!

Gade chapit la Kopi




Filemon 1:19
14 Referans Kwoze  

Mikpɔ ŋɔŋlɔdzesi gãgã, siwo metsɔ nye ŋutɔ nye asi ŋlɔ ɖo ɖe mi la da!


Kpɔ ɖa, nye Paulo mele egblɔm na mi bena, nenye be, miena wotso aʋa na mi la, Kristo maganye viɖea ɖeke na mi o.


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


ŋlɔ ɖo ɖe Tito, vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Aƒetɔ Yesu Kristo, mía xɔla gbɔ la, woana wò!


ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo, vinye vavã le xɔse me: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, woana wò!


Miawoe nye míaƒe agbalẽ, si woŋlɔ ɖe miaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye woxlẽnɛ;


Manɔ enu, eye nabiae atso asinye. Ne nyemegakplɔe va ɖo ŋkuwò me o la, ekema nabum vodalae le nye agbe me ŋkekewo katã me.


Nye Tertio, si ŋlɔ agbalẽ sia la, meɖuɖɔ mi ƒã.


bena nenye ɖe Makedoniatɔwo ava kpakplim, eye woakpɔ bena, miedzra mia ɖokui ɖo ɖi o la, ŋu nagakpe mí — míele didim be, miagblɔ be miawo ke la — le dziɖoɖo ɖe mia ŋu sia ŋuti o.


Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.


Ke ne ewo vɔ̃a ɖe ɖe ŋuwò, alo wònyi fea ɖe le asiwò la, bui nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite