Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filemon 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 amesi medi be, wòanɔ gbɔnye, bena wòasubɔm de tewòƒe le nyanyuie ƒe bablawo me hafi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi.

Gade chapit la Kopi




Filemon 1:13
8 Referans Kwoze  

abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Esiaŋuti la nye Paulo, Yesu Kristo ƒe gatɔ le mi trɔ̃subɔlawo ŋuti la,


Mekpɔ dzidzɔ le Stefano, Fortunato kple Axaiko ƒe vava la ŋuti; elabena esi mieli kplim o la, amesiawoe xɔ ɖe mia teƒe.


Paulo, Kristo Yesu ƒe gatɔ, kple nɔvi Timoteo woŋlɔ ɖo ɖe Filemon, mía lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla,


Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.


Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la


mele kuku dem na wò de vinye Onesimo, si medzi le nye bablawo me la ta,


amesi megbugbɔ le ɖoɖom ɖe wò la. Wò la xɔ eyama, eyae nye nye ŋutɔ nye dzi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite