Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yudatɔwo tsɔ yi dza woƒe futɔwo katã, wowu wo, eye wotsrɔ̃ wo, eye wowɔ woƒe ketɔwo alesi dze wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yudatɔwo ƒo woƒe futɔwo katã ƒu anyi, eye wowu wo kple yi hetsrɔ̃ wo. Ale wowɔ nu si dze wo ŋu la na woƒe futɔwo.

Gade chapit la Kopi




Ester 9:5
11 Referans Kwoze  

ne ele ale bena, edzo le Mawu ƒe ŋku me bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi;


Eyata tso woƒe ŋutsuviwo de asi na dɔwuame, eye naxlã wo ɖe yi nu, na woaɖe vi le wo srɔ̃wo ŋu, eye woazu ahosi, ku natsrɔ̃ woƒe ŋutsuwo ɖa, eye yi ne wu woƒe ɖekakpuiwo le aʋa me.


Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo.


Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo.


Ɖeviawo yi ɖaxɔ anyigba la wònye wo tɔ, eye nèbɔbɔ anyigbadzitɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, de anyi le wo ŋku me; ètsɔ woƒe fiawo kple anyigba dzi dukɔwio siaa de asi na wo, ne woawɔ wo, alesi dze wo ŋu.


be: Fia la ɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le du sia du me be, woaƒo ƒu aʋli woƒe agbe ta, eye woatsrɔ̃: dukɔ kple anyigbawo ƒe aʋakɔ, siwo xaxa wo ɖo la, woawu wo, eye woagblẽ wo dome, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa, eye woaha woƒe nuwo


Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi bɔkɔɔ, eye nye to ase nya le ame vlo, siwo tso ɖe ŋunye la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite