Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 9:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye fiasrɔ̃ Ester, Abixayil ƒe nyɔnuvi, kple Yudatɔ Mardoxai woŋlɔ agbalẽ zi evelia le Purim ŋuti heté gbe ɖe dzi be, woaɖo kpe eɖzi wòanye kɔnu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Fianyɔnu Ester, Abihail ƒe vi hã ŋlɔ agbalẽ helɔ̃ ɖe agbalẽ si Mordekai ŋlɔ tso Purim ŋuti la dzi.

Gade chapit la Kopi




Ester 9:29
6 Referans Kwoze  

Mardoxai ŋlɔ nya siawo ɖi, eye wòɖo agbalẽ ɖe Yudatɔ, siwo katã le kpuiƒe kple didiƒe le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi la


Eye esi wòɖo Ester, amesi nye Mardoxai tɔdia Abixayil ƒe vinyɔnu, si wòxɔ wo vianyɔnui dzi, be wòayi fia gbɔ la, mebia naneke o, negbe nusi fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla ɖo la ko. Eye Ester nu nyo amesiwo katã kpɔe la ŋu.


Woŋlɔ agbalẽ la le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete, eye wòde agbalẽawo duxɔlawo, siwo nye sɔɖolawo, eye wodo fia ƒe sɔ ɖiduwo la, si ɖo ɖa


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


hele ɖoɖom na wo be, woaɖu dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia ɖaa ƒe sia ƒe,


ŋku madzo le ŋkeke sia dzi o, eye woaɖui le dzidzimewo katã kple ƒomewo katã me le anyigbawo katã dzi kple duwo katã me; Purim-ŋkeke siawo nu matso le Yudatɔwo dome o, eye woƒe dzidzimeviwo ƒe ŋku madzo le edzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite