Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 9:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Ke esi Ester va fia la ŋku me la, ede se woŋlɔ agbalẽ, be eƒe tame vɔ̃, si wòɖo de Yudatɔwo ŋu la, natrɔ va eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye wohe eya kple viawo de ati ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 gake esi nugbeɖoɖo la dze go to Ester dzi na fia la, ena woŋlɔ agbalẽ, ɖe gbe be nu vɔ̃ɖi si Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la, neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi, eye be eya kple viawo la, woade ka ve na wo,

Gade chapit la Kopi




Ester 9:25
19 Referans Kwoze  

Eɖe ʋe, eye wòwlu eme, ke ege dze do, si wòɖe la me.


Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.


Na ame vɔ̃ɖiwo katã nadze woawo ŋutɔ ƒe ɖɔ me, eye nye ya mate eŋu ayi!


Yehowa, megawɔ ame vɔ̃ɖi la ƒe didi dzi o; megaxɔ de eƒe tameɖoɖo dzi, ne wòado eɖokui ɖe dzi o. Sela.


Tete fia, Axasweros xɔ dzi gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena: Amekae nye amesi ɖo nusia ɖe ta me be, yeawɔ, eye afika eyama le?


Ke ebu Mardoxai ɖeɖeko wuwu numaɖinui; elabena woyɔ Mardoxai ƒe dukɔ nɛ. Eyata Haman di be, yeatsrɔ̃ Yudatɔ, siwo katã le Axasweros ƒe fiaɖuƒe blibo la me, siwo nye Mardoxai ƒe dukɔ la.


Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.


Yehowa, Aƒetɔ la, enye nye xɔname sesẽ, ètsyɔ nu ta nam le aʋakpegbe.


Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!


Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.


ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe la dzi, ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ ne le eƒe dzɔdzɔenyenye nu.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome.


Ana woƒe dzɔgbevɔ̃e natrɔ va wo dzi, eye wòatsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ atsrɔ̃ woe; Yehowa, mía Mawu la, atsrɔ̃ wo.


Ame vɔɖi ŋutɔ ƒe vodadawo lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃ ƒe ka ɖenɛ.


Amesi ɖe ʋe la, eya ŋutɔ adze eme, eye kpe age adze emlila dzi.


Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã; alesi nèwɔ la, nenema woawo wò, eye wò nuwɔwɔwo ava wò ta dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite