Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Woaɖu ŋkeke la abe ŋkeke si dzi woɖe Yudatɔwo tso woƒe futɔwo ƒe asi me ene, woagaɖui abe ɣleti si me woƒe vevesese trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ, eye woƒe konyifagbe zu aseyetsogbe la ene. Eŋlɔ na wo be woaɖu ŋkekeawo abe nuɖugbe, nunogbe kple dzidzɔkpɔgbe ene, woana nuɖuɖu wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo hã.

Gade chapit la Kopi




Ester 9:22
24 Referans Kwoze  

Yehowa, see, eye nave nanye; Yehowa, nanye nye xɔnametɔ!


negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


Eye ava me le gbesigbe Yehowa ana gbɔdzɔe wò tso wò fuɖeɖewo kple hiãkakawo kpakple dɔ sesẽ, siwo wotsɔ do kluvi wò me la,


Eyata Yudatɔ, siwo le kɔƒewo kple du nuvowo me la, tso dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia wo dzidzɔkpɔgbe, aglotugbe kple ŋkekenyuie, si dzi woɖoa nuɖuɖu ɖe wo nɔewo le.


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Bia wò ɖekakpuiawo, ne woagblɔe na wò! Eyata ve wò ɖekakpuiwo nu, elabena ŋkeke nyui dzi mieva. Na nusi le asiwò la wò dɔlawo kple viwò Dawid!


hele ɖoɖom na wo be, woaɖu dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia ɖaa ƒe sia ƒe,


Eye Yudatɔwo tsɔ nusi wɔwɔ gɔme wodze kple nusi Mardoxai ŋlɔ na wo la, wo kɔnui.


Ne nɔviwòwo dometɔa ɖe da ahe le wò dua ɖe me le wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe noviwò dahe la o;


eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewito kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la, miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyuie la dzi.


Ŋkeke adre sɔŋ naɖu ŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la le teƒe, si Yehowa atia, elabena Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye nakpɔ dzidzɔ wòatso me.


Ena nye nuxaxa zu ɣeɖuɖu nam; èɖe akpanya le ŋunye hetsɔ dzidzɔ bla ali dzi nam,


Ke woƒe yi aƒo ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi, eye woƒe da aŋe.


ne woabia hlɔ̃ le dukɔwo dome, eye woahe to le anyigba dzi tɔwo dome,


Ale Yehowa Zebaot gblɔ asi: Nutsitsidɔ le dzinu enelia kple etɔ̃lia dzi, le dzinu adrelia kple ewolia dzi azu dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyatsotso kpakple ŋkekenyuie na Yuda ƒe ale la; ke milɔ̃ nyateƒe kple ŋutifafa!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite