Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le ŋkeke wuietɔ̃lia kple wuienelia dzi, eye wogbɔ ɖe eme le ŋkeke wuiatɔ̃lia, si wotso wo aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbe la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ke Yudatɔ siwo nɔ Susa la ƒo ƒu le ɣleti la ƒe ŋkeke wuietɔ̃a kple wuienea gbe, eye wodzudzɔ wo ɖokuiwo le ŋkeke wuiatɔ̃a gbe hewɔe wònye nuɖuɖu kple nunono kpakple dzidzɔkpɔgbe.

Gade chapit la Kopi




Ester 9:18
7 Referans Kwoze  

hele ɖoɖom na wo be, woaɖu dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia kple wuiatɔ̃lia ɖaa ƒe sia ƒe,


Eye Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia hã dzi, eye wowu ŋutsu alafa etɔ̃ le Susa; ke womede asi aboyonuawo ŋu o.


Ester ɖo ŋu bena: Ne edze fia ŋu la, ekema woaɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le Susa etsɔ hã, ne woawɔ ɖe egbe ƒe se la nu, eye woahe Haman vi ewoawo ɖe ati ŋu.


Le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar la ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia, si dzi woawɔ fia ƒe nya kple eƒe sea dzi la dzi, gbesigbe Yudatɔwo ƒe futɔwo le mɔ kpɔm be, yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, nya la trɔ be, Yudatɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ketɔwo dzi.


Gbemagbe wohe amesiwo wowu la ƒe xexlẽme va fia la ŋku me le Susa-mɔ̃ me,


be: Fia la ɖe mɔ na Yudatɔ, siwo le du sia du me be, woaƒo ƒu aʋli woƒe agbe ta, eye woatsrɔ̃: dukɔ kple anyigbawo ƒe aʋakɔ, siwo xaxa wo ɖo la, woawu wo, eye woagblẽ wo dome, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa, eye woaha woƒe nuwo


Tete Yudatɔwo ƒo wo dokui nu ƒu ɖe woƒe duwo me le fia Axasweros ƒe anyigbawo katã dzi, be yewoawu amesiwo katã di yewoƒe dzɔgbevɔ̃e la. Amea ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, elabena woƒe ŋɔdzi lé dukɔwo katã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite