Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 elabena nyemate ŋu atsɔ gbegblẽ si ava nye amewo dzi alo atsɔ nye ƒometɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ o.”

Gade chapit la Kopi




Ester 8:6
9 Referans Kwoze  

Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.


Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.


Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.


Nye dɔkaviwo, nye dɔkaviwo! Mele togotogoe ƒom le vevesese ta, nye dzixɔ, nye dzi dze agbo le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o, elabena nye luʋɔ le kpẽwo ƒe ɖiɖi kple aʋaɣli sem!


Le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar la ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia, si dzi woawɔ fia ƒe nya kple eƒe sea dzi la dzi, gbesigbe Yudatɔwo ƒe futɔwo le mɔ kpɔm be, yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, nya la trɔ be, Yudatɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ketɔwo dzi.


eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?


Aleke wɔ mayi fofonye gbɔ, ne ɖevi la mele ŋunye oa? Nyemagate ŋu akpɔ fofonye ƒe konyifaƒe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite