Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke fia la tsɔ dziku tsi tre le wein la gbɔ heyi fiasã ƒe abɔ me; eye Haman tsi afima, be yeabia eƒe agbe tso fiasrɔ̃ Ester si, elabena ekpɔ be, fia la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ye ŋu kplikpaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Fia la tsi tsitre enumake kple dziku le eƒe wain gbɔ, eye wòyi fiasã la ƒe abɔ me. Esi Haman kpɔ be fia la ɖo nugbe ɖe ye ŋu xoxo la, etsi kplɔ̃a ŋu be yeaɖe kuku na Fiasrɔ̃ Ester ɖe yeƒe agbe ta.

Gade chapit la Kopi




Ester 7:7
14 Referans Kwoze  

Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.


Ke fiasrɔ̃ Wasti gbe fia ƒe nya, si wòde aƒe dzikpɔlawo si la, eye meva o. Tete fia la nyrã ŋutɔ, eye dzi bi ɖe dɔ me nɛ.


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Ame vɔ̃ɖilɔwo abɔbɔ na ame nyuiwo, eye nuvɔ̃wɔlawo anɔ ame dzɔdzɔewo ƒe agbo nu.


Ame vɔ̃ɖi kpɔe, eye dzi kui, eɖu aɖukli, eye wòabu ɖa. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu ayi.


Eyata bu ta me nadi nusi nawɔ, elabena woɖo vɔ̃ ɖe míaƒe aƒetɔ kple eƒe aƒe blibo la ŋu; ke eyama la ame vɔ̃ɖi wònye, eye amea ɖeke mekpɔ mɔ aƒo nu de egbɔ o


Yonatan gblɔ bena: Esia nede megbe xaa tso gbɔwò, ne menyae be, fofonye do vɔ̃ ɖe ŋuwò, eye nyemeva gblɔe na wò o!


Ne egblɔ be, enyo la, ekema wò dɔla ŋu fa; ke ne edo dɔmedzoe la, ekema nyae be, eɖo vɔ̃ ɖe tame.


Esi ŋkekeawo de vɔ la, fia la tu aglo na dukɔ blibo, si va Susa-mɔ̃ la me, tso tsitsiwo dzi vaseɖe ɖeviwo dzi ɖe fiasã la ƒe abɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Dɔla nyanu ƒe nu anye fia ŋu; ke ado dziku ɖe esi wɔa ŋukpenanu la ŋu.


Fia ƒe dziku enye ku ƒe dɔla; ke nunyala faa dzi nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite