Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Fiasrɔ̃ Ester ɖo ŋu gblɔ bena: Fia, ne eve nunye, eye ne edze fia ŋu la, ekema woatsɔ nye agbe kem le nye biabia nu, eye woatsɔ nye dukɔ nam le nye didi nu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Fianyɔnu Ester ɖo eŋu azɔ be, “Nenye be nye nu nyo ŋuwò, O! Fia bubutɔ, ne edze ŋuwò la, ɖe nye agbe. Esiae nye nye kukuɖeɖe, eye nàve nye amewo, Yudatɔwo hã nu. Esiae nye nye biabia,

Gade chapit la Kopi




Ester 7:3
9 Referans Kwoze  

ekema naɖo ŋu na wo bena: Ɖe metsɔ kokoƒoƒo bɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le fia la ŋku me be, megagbugbɔm ɖo de Yonatan ƒe xɔ me, ne maku ɖe afima o.


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Ke fia la tsɔ dziku tsi tre le wein la gbɔ heyi fiasã ƒe abɔ me; eye Haman tsi afima, be yeabia eƒe agbe tso fiasrɔ̃ Ester si, elabena ekpɔ be, fia la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ye ŋu kplikpaa.


Etsɔ se, si wode le Susa, be woatsrɔ̃ wo la ƒe ŋɔŋlɔ ɖe asi nɛ, ne wòaɖatsɔ afia Ester, eye wòagblɔ wo nɛ; eye wòdɔe, be wòayi fia la gbɔ, ne wòaƒo koko nɛ, eye wòaɖe kuku nɛ ɖe eƒe ɖukɔ la ta.


Egadɔ ame blaatɔ̃wo ƒe amegã kple eƒe ame blaatɔ̃wo ɖa zi etɔ̃lia. Eye ame blaatɔ̃wo ƒe amegã etɔ̃lia yi ɖadze klo ɖe Eliya ŋku me ƒo koko nɛ gblɔ nɛ bena: Taflatse, Mawu ƒe ame, na nye agbe kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo ƒe agbe naxɔ asi le ŋkuwò me.


Tete eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, míese bena, Israel ƒe aƒe la ƒe fiawo la, fia veamenuwo wonye, eyata na míasa akpanya ɖe ali, eye míasa ka ɖe ta ahayi Israel-fia gbɔ; ɖewohĩ ana natsi agbe.


Ne fia la ve nunye, eye ne edze fia la ŋu be, wòana nye nubiabiam, eye wòawɔ nye didi dzi la, ekema, ne fia kple Haman wova kplɔ̃, si magaɖo na wo ŋu la, mawɔ fia ƒe nya la dzi etsɔ.


gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite