Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esi Haman ge ɖe eme la, fia, la biae bena: Nuka woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia le didim be, yeade bubui? Tete Haman bu le eƒe ta me be Ameka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui, ne menye nye ko oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?” Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?”

Gade chapit la Kopi




Ester 6:6
19 Referans Kwoze  

Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi?


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o.


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Makpɔ dzidzɔ le nyuiwɔwɔ na wo ŋu, eye made woƒe agunu to ɖe anyigba sia dzi le nyateƒe me tso nye dzi blibo kple nye luʋɔ blibo me.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo!


Eye Haman tso awu kple sɔ la, edo awua na Mardoxai, eye wòna wòdo sɔ la to dua ƒe ablɔ me, eye wòle ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui la enye si!


emegbe woatsɔ awua kple sɔ Ia ade asi na bubumeawo, siwo nye fia: ƒe amegãwo dometɔ ɖeka la, ne wòado na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui la, wòana wòado sɔ ato dua ƒe ablɔ me, eye wòanɔ ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be yeade bubui enye si!


Tete Haman ɖo ŋu na fia la bena: Ne fia la di be, yeade bubu amea ɖe ŋu la,


Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo.


nenema nye dzidzime, si ta ŋku kɔkɔ le, eye eƒe aɖahawo ɖe dzi;


Tete fia ƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, Haman ye tsi tre ɖe xɔxɔnu la! Eye fia la gblɔ be Neva me


Nuka woawɔ fiasrɔ̃ Wasti le se la nu? Elabena mewo fia Axasweros ƒe nya, si wòde aƒe dzikpɔlawo si la dzi o.


eye amesi kpe mia kple ame ma la, ava gblɔ na wò bena: Tsɔ nɔwòƒe na amesia, eye ekema ade asi nɔƒe mlɔetɔ tsɔtsɔ me kple ŋukpe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite