Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete Haman do go gbemagbe kple dzidzɔ, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme. Ke esi Haman kpɔ Mardoxai le fia ƒe agbo me metsi tre, ne wòahayi eɖokui ʋã ge le eŋku me o la, dzi ku Haman vevie ŋutɔ ɖe Mardoxai nu;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Ester 5:9
19 Referans Kwoze  

Eye esi Haman kpɔ be, Mardoxai mebɔbɔ hede ta agu na ye o la, dzi ku Haman vevie.


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.


Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.


Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la.


Ne aʋakɔ ƒu asaɖa ɖe ŋunye ha la, dzika matso ƒonye o. Ne aʋa ho ɖe ŋunye ale keke hã, nyea maɖe dzi ɖi.


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Ɖe aƒenye me tɔwo menɔa gbɔgblɔm bena: Amekae meɖu eƒe lã ɖi ƒo oa?


Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o.


Esi woƒo ɖetugbiwo nu ƒu zi evelia la, Mardoxai bɔbɔ nɔ fia ƒe agbo nu.


Tete Axab yi eƒe me, eɖo aɖa, eye dzi kui le nya, si Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ be: nyemetsɔ fofonyewo ƒe domenyinu na wò o la ta. Eye wòmia eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wogbe nuɖuɖu.


Tete la esi wose nya siawo la, eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Ke nusiawo katã meɖi ve nam o, ŋkeke alesi megale Yudatɔ Mardoxai kpɔm wobɔbɔ nɔ fia ƒe agbo me.


Egblɔ nɛ bena: Elabena meƒo nu kple Yezreeltɔ Nabot gblɔ nɛ bena: Tsɔ wò weingble nam, ne maƒle, alo ne èlɔ̃ la, matsɔ weingble bubu aɖo eteƒe na wò; ke eɖo ŋu bena: Nyematsɔ nye weingble na wò o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite