Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ester ɖo ŋu bena: Ne edze fia ŋu la, ekema fia kple Haman neva kplɔ̃, si meɖo nɛ egbe la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.”

Gade chapit la Kopi




Ester 5:4
10 Referans Kwoze  

Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala la enu emegbe.


Ne fia la ve nunye, eye ne edze fia la ŋu be, wòana nye nubiabiam, eye wòawɔ nye didi dzi la, ekema, ne fia kple Haman wova kplɔ̃, si magaɖo na wo ŋu la, mawɔ fia ƒe nya la dzi etsɔ.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


Nenema wògblɔ na ame evelia, etɔ̃lia kple mamle, siwo katã le lãhawo kplɔm la, eye wògblɔ bena: Alea tututu miagblɔ na Esau, ne mieɖo goe!


Eye wògblɔ bena: Tsɔe vɛ nam, ne maɖu vinye ƒe adelã la, eye mayra wò! Tete wòtsɔe ve nɛ woɖu, emegbe wotsɔ wein vɛ nɛ wònɔ.


Fia la gblɔ nɛ bena: Fiasrɔ̃ Ester, nya ka dzɔ ɖe dziwò, eye nuka dim nèle? Nenye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃e hã la, woatsɔe ana wò!


Tete fia la gblɔ be: Miɖayɔ Haman vɛ kaba, be míawɔ Ester ƒe nya la dzi! Eye fia la kple Haman wova kplɔ̃, si Ester ɖo la ŋu.


Eye fiasrɔ̃ Wasti hã tu aglo na nyɔnuwo ɖe fiasã, si nye fia Axasweros tɔ la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite