Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu.

Gade chapit la Kopi




Ester 5:1
14 Referans Kwoze  

Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


Eye fia la gblɔ be Amekae le xɔxɔnua? — Haman ye va fiasã ƒe xɔxɔnu gbãtɔ be, yeagblɔ na fia la be woahe. Mardoxai ɖe ati, si wòtu nɛ la ŋu. —


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si.


Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


Eyata de se bena, woadzo yɔdo la ŋu vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe, bene eƒe nusrɔ̃lawo magava afii ayii, eye woagblɔ na amewo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome, eye beble megbetɔ la nagavɔ̃ɖi wu ŋgɔgbetɔ la o.


Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


woaɖakplɔ fiasrɔ̃ Wasti va fia ŋku me, eye fiakuku nanɔ eta, ne wòafia eƒe tugbedzedze dukɔwo kple fiawo, elabena edze tugbe.


Eye Mardoxai yi ɖawɔ pɛpɛpɛ, abe alesi Ester de se nɛ ene.


Yuda-ŋutsua ɖe nɔ Susa-mɔ̃ me, amesi ŋkɔ nye Marɖoxai, Yair vi, amesi nye Simei vi, amesi nye Kis vi, enye Benyamintɔ


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite