Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete fia la ɖe eƒe ŋkosigɛ le asi hetsɔ na Haman, Hamedata vi, Agagitɔ, si nye Yudatɔwo ƒe ketɔ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Fia la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Eɖe eƒe ŋkɔsigɛ le eƒe asibidɛ ŋu hetsɔ na Haman, Hamedata, Agagitɔ la ƒe vi, Yudatɔwo ƒe futɔ la, abe kpeɖoɖo nya sia dzi ƒe dzesi ene.

Gade chapit la Kopi




Ester 3:10
7 Referans Kwoze  

Eye fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ, si wòxɔ le Haman si la, na Mardoxai. Eye Ester tsɔ Mardoxai ɖo Haman ƒe aƒe nu.


Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ.


Ester ɖo ŋu bena: Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia! Tete Haman ɖi vo le fia kple fiasrɔ̃ ŋku me.


Ke miawo miŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yudatɔwo le fia ƒe ŋkɔ me, alesi dze mia ŋu, eye mitsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete; elabena agbalẽ, si woŋlɔ le fia ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete la, womate ŋu atrɔe o.


Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ.


Ne edze fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woawu wo, eye mada klosalo talento akpe ewo na dzikpɔla wo woatsɔ ade fia ƒe kesinɔnuwo me.


Fia la gblɔ na Haman bena: Klosalo la nenɔ anyi ko; gake woawɔ dukɔ: la, alesi dze ŋuwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite