Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le nya siawo megbe la fia Axasweros do gã Haman, Hamedata vi, si nye Agagitɔ la, gãe edoe ɖe dzi, eye wotsɔ eƒe zikpui ɖo amegã, siwo katã le eŋu la tɔwo ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le nu siawo megbe la, Fia Ahasuerus do Haman, ame si nye Hamedata, Agagitɔ ƒe vi la, ɖe ŋgɔ wòzu dukɔkplɔlawo dometɔ gãtɔ. Eyae nye ame si kplɔ fia la ɖo le ŋusẽkpɔkpɔ me le fiaɖuƒe blibo la me.

Gade chapit la Kopi




Ester 3:1
15 Referans Kwoze  

Tsi gbagba eƒe tɔkpowo, eye wòƒã nu ɖe tɔ geɖewo to. Eƒe fia xɔ ŋkɔ wu Agag, eye eƒe fiaɖuƒe keke ɖe nu.


Eye Dario kpɔ be, enye, ne yeaɖo amegã alafa ɖeka kple blave fiaɖuƒe la nu, amesiwo anɔ fiaɖuƒe blibo la me.


Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo.


Tete fia la ɖe eƒe ŋkosigɛ le asi hetsɔ na Haman, Hamedata vi, Agagitɔ, si nye Yudatɔwo ƒe ketɔ la.


Samuel gblɔ bena: Alesi wò yi ɖe viwo le nyɔnuwo ŋu la, nenema ke woaɖe viwo le dawò ŋu le nyɔnuwo dome! Eye Samuel dza Agag le Yehowa ŋku me le Gilgal.


Eyata wòe anɔ nye aƒe nu, eye nye dukɔ la katã aɖo to wò nyawo; negbe fiazikpui la ko matsɔ awu wò.


Oo, Yehowa, dzra mí ɖo, eye nakpɔ mía ta le dzidzime sia ŋuti tegbee!


Ester gaƒo nu le fia la ŋku me, ede ta agu ɖe eƒe afɔ nu, eye wòfa avi heƒo koko nɛ be, wòagblẽ Agagitɔ Haman ƒe dzɔgbevɔ̃e kple eƒe ta me, si wòɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la me.


Ester ɖo ŋu bena: Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia! Tete Haman ɖi vo le fia kple fiasrɔ̃ ŋku me.


Amesiwo te ɖe ŋu la, wonye Karsena, Zetar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memuxan; woawoe nye amegã adreawo le Persia kple Media, amesiwo kpɔa fia la ŋku me, eye wonɔa nɔƒe gbãtɔ le fiaɖuƒe la me —


Elabena na la kple eƒe adaŋumegã adreawoe ɖo wò ɖa be, natsɔ wò Mawu ƒe se, si le asiwo la adzro Yuda kple Yerusalem me akpɔ,


Ele Amalekitɔwo ƒe fia Agag agbagbe, eye wòtsɔ yi tsrɔ̃ dukɔ blibo la gbidigbidi.


Ke esi dɔ va Egipte-nyigba blibo la dzi la, dukɔ la ƒo zi va bia nuɖuɖu Farao. Eye Farao gblɔ na Egiptetɔwo bena: Miyi Yosef gbɔ, eye nusi wòagblɔ na mi la, miawɔe.


Wotsɔ bometsitsi ɖo kɔkɔƒe ʋi ke, eye kesinɔtɔwo bɔbɔ nɔ anyi me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite