Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ne eyi le fiẽ, eye wòtrɔ gbɔ va nyɔnuwo ƒe aƒe evelia me le ŋdi le fia ƒe aƒe dzikpɔla Saasgaz, amesi nye ahiãwo ŋudzɔla ƒe dzikpɔkpɔ te la, ekema mekpɔ mɔ agayi fia la gbɔ o, negbe ne eƒe nu nyo fia ŋu, eye wòyɔe hafi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi.

Gade chapit la Kopi




Ester 2:14
8 Referans Kwoze  

Fia ƒe dɔlawo katã kple fia ƒe anyigbawo dzitɔwo nyae bena, ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe yi fia gbɔ le xɔxɔnu emetɔ, eye womeyɔe hafi o la, se ɖeka koe li, be woawui, negbe amesi ke fia la do sikafiatikplo ɖo la, eya koe tsia agbe; ke womeyɔm, be mayi fia la gbɔ o ŋkeke blaetɔ̃ enye si.


le nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel ta; metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò, eye metsɔ bubuŋkɔ na wò, esi mèkpɔ dze sim haɖe o.


Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.


Ke ne eƒe nu meganyo ŋuwò o la, ekema naɖe asi le eŋu wòanɔ eɖokui si; ɖeko megatsɔe dzra xɔ ga o, eye megasẽ ŋuta le eŋu o, elabena edɔ egbɔ xoxo.


Eye ɖekakpui la, amesi fofoa ƒemetɔwo buna ŋutɔ la, meɖe: ɖe megbe le ewɔwɔ me o, elabena Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyo eŋu ŋuta.


ekema nyɔnuvi la yia fia gbɔ, eye wotsɔa nusianu, si wòbia, be yeatsɔ tso nyɔnuwo ƒe me ayi fia ƒe me la nɛ.


Eye esi wòɖo Ester, amesi nye Mardoxai tɔdia Abixayil ƒe vinyɔnu, si wòxɔ wo vianyɔnui dzi, be wòayi fia gbɔ la, mebia naneke o, negbe nusi fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla ɖo la ko. Eye Ester nu nyo amesiwo katã kpɔe la ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite