Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mordekai, Yudatɔ la nye amegã si kplɔ Fia Ahasuerus ɖo. Exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome. Wo katã wobunɛ, elabena ewɔ nu si wòate ŋui la na Yudatɔwo ƒe nyonyo kple woƒe dzidzimeviwo ƒe dedinɔnɔ.

Gade chapit la Kopi




Ester 10:3
17 Referans Kwoze  

Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.


Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu.


Nɔviwò, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe, si meɖena na Mawu ɖe Israel ta la, enye si bena, woakpɔ xɔxɔ.


Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.


Efrayim ƒe kalẽto Zixri wu fiavi Maaseya kple aƒenua Azrikam kpa kple Elkana, amesi nye evelia, kplɔ fia ɖo.


Eyata wòe anɔ nye aƒe nu, eye nye dukɔ la katã aɖo to wò nyawo; negbe fiazikpui la ko matsɔ awu wò.


Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Fia ƒe ɖɔla, siwo katã le fia ƒe agbo me la, bɔbɔna dea la agu na Haman, elabena alea fia la de se le, eŋu; ke Mardoxai mebɔnɔna nɛ o, eye mede ta agu hã o.


Eye wògblɔ ne bena: Megavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò, eye fofonye hã nyae alea.


Eɖo tatɔ etɔ̃ wo nu, amesiwo dome Daniel le; woawoe amegãwo nabu akɔnta na, ne fia la magaŋe ɖe eme o.


Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, ate ɖe ŋunye, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nusiwo katã le asiwò.


Makpɔ dziwò le afima, elabena esusɔ ƒe atɔ̃ dɔwuame naganɔ anyi, bena hiã nagatu wò ŋutɔ, viwòwo kple aƒewòmetɔwo katã o.


Ke Israel blibo la kple Yuda lɔ̃a Dawid ƒe nya, elabena edona dzea wo ŋgɔ, eye wògagbɔna kpli wo.


Yuda-ŋutsua ɖe nɔ Susa-mɔ̃ me, amesi ŋkɔ nye Marɖoxai, Yair vi, amesi nye Simei vi, amesi nye Kis vi, enye Benyamintɔ


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite