Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eƒe nu gã wɔwɔwo kple nu klitsu wɔwɔwo katã kpakple Mardoxai ƒe ŋkɔxɔxɔ, alesi fia la ɖo gãe la, woŋlɔ wo ɖe Media kple Persia-fiawo ŋɔli ƒe ŋutinyagbalẽ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Woŋlɔ Fia Ahasuerus ƒe nu gã siwo wòwɔ kple Mordekai ƒe gãnyenye kple bubu siwo fia la de eŋu la ɖe Media fiawo kple Persia fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.

Gade chapit la Kopi




Ester 10:2
10 Referans Kwoze  

Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Elabena Mardoxai zu gã le na ƒe me, eye eƒe ŋkɔ de anyigbawo katã dzi; elabena ŋutsu Mardoxai le gã zum ɖe dzi ɖaa.


Esi wodzro nya la me kpɔ be, ele me la, wohe wo ame eve la ɖe ati ŋu, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me na fia la.


Le zã ma me la fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e, eye wògblɔ be, woatsɔ ŋkuɖoɖo nyadzɔdzɔwo dzi ƒe agbalẽ vɛ, eye woxlẽe na fia la


Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe.


Efia aʋawɔwɔ nye asi kple ɖa me vuvu nye alɔ.


Axab ŋutinya susɔea kple nusiwo katã wòwɔ, nyiɖuxɔ, si wòtu kple ɖu, siwo katã wotso la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Yerobeam ŋutinya susɔea, aʋa, siwo wòwɔ kple alesi woɖu fiae la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Salomo ŋutinya susɔea, eƒe nunya kple nusiwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Salomo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Eye fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ, si wòxɔ le Haman si la, na Mardoxai. Eye Ester tsɔ Mardoxai ɖo Haman ƒe aƒe nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite