Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye wòna wokpɔ eƒe fiaɖuƒe ƒe kesinɔnu veviwo kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyuiawo ŋkeke geɖe, ŋkeke alafa ɖeka kple blanyi sɔŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Woɖu ŋkekenyui sia ŋkeke alafa ɖeka kple blaenyi (180) sɔŋ, eye wòɖe dziɖuɖu ƒe kesinɔnuwo kple bubu fia.

Gade chapit la Kopi




Ester 1:4
25 Referans Kwoze  

Ekema tsɔ bubu kple gãnyenye ɖo atsyɔ̃e, eye naɖo fianyenye kple ŋutikɔkɔe!


Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.


amesiwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, amesi nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ,


eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,


bene yeana wòanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu, ekema aleke wòle?


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔa ɖe dzi, eye wòde xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae,


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta —


Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfiã eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o.


Made ŋugble le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyoawo kple wò nukunuwɔwɔwo ŋu.


Yehowa enye fia! Eta ganyenye, Yehowa ye me, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi, eyae li ke xexeame, mana o.


Edze ɖeka wu amegbetɔviwo, wotrɔ amenuveve kɔ ɖe nuyi dzi na wò, eyata Mawu yra wò tegbee!


Ebia agbe tso asiwò, eye néna agbe didii ɖaa tegbee.


Yehowa wo Salomo gã ŋutɔŋutɔ le Israel blibo la ŋku me, eye wòtso fiaɖuɖu, si ŋu kafukafu le la nɛ, esi tɔgbe menɔ fia, siwo ɖu Israel dzi do ŋgɔ nɛ la si o.


etu aglo na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo le eƒe ftaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye Persia-ʋakɔwo kple Media-ʋakɔwo, bubumewo kple anyigbawo ɖzikpɔlawo le eŋku me;


Esi ŋkekeawo de vɔ la, fia la tu aglo na dukɔ blibo, si va Susa-mɔ̃ la me, tso tsitsiwo dzi vaseɖe ɖeviwo dzi ɖe fiasã la ƒe abɔ nu ŋkeke adre sɔŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite