Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne edze fia ŋu la, ekema woade fia ƒe se, eye woaŋlɔe ɖe Persiatɔwo kple Mediatɔwo ƒe se la me, eye womada edzi o be: Wasti mekpɔ mɔ agava fia Axasweros ŋku me o, eye fia la natsɔ eƒe fianyenye ana nyɔnu bubu, si nyo wui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti.

Gade chapit la Kopi




Ester 1:19
10 Referans Kwoze  

Ke miawo miŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yudatɔwo le fia ƒe ŋkɔ me, alesi dze mia ŋu, eye mitsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete; elabena agbalẽ, si woŋlɔ le fia ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete la, womate ŋu atrɔe o.


Tete Samuel gblɔ nɛ bena: Yehowa dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi, si nyo wu wò.


gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.


Tete fia la de se wokplɔ Daniel ɖaƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, neɖe wò!


Ne edze fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woawu wo, eye mada klosalo talento akpe ewo na dzikpɔla wo woatsɔ ade fia ƒe kesinɔnuwo me.


Esi Israel blibo la se ʋɔnu, si fia la drɔ̃ la, wode asi fia la vɔvɔ̃ me; elabena wokpɔ be, Mawu ƒe nunya le eme hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Tete nya la dze fia kple amegãwo ŋu, eye fia la wo Memuxan ƒe nya la dzi,


Eye egbe sia ke Persia-amegãwo kple Meɖia-amegãwo ƒe srɔ̃wo hã agblɔ alea ɖe fia ƒe amegãwo katã ŋu, ne wose fiasrɔ̃ ƒe nuwɔwɔ la, eye woahe vlododo kple dziku geɖe vɛ.


Le nya siawo megbe, esi fia Axasweros ƒe dziku nu fa la, eɖo ŋku Wasti kple nusi wòwɔ kpakple tame, si wòɖo ɖe eŋu la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite