Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke fiasrɔ̃ Wasti gbe fia ƒe nya, si wòde aƒe dzikpɔlawo si la, eye meva o. Tete fia la nyrã ŋutɔ, eye dzi bi ɖe dɔ me nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke esi dɔlawo gblɔ nɛ be fia la be wòava la, egbe meyi o. Fia la do dɔmedzoe ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Ester 1:12
19 Referans Kwoze  

Fia ƒe nyanyrã le abe dzatavi ƒe gbetete ene; ke eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe zãmu le gbe dzi ene.


Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo,


Gake la alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me.


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene;


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la.


Tete dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ hede se be, woawu Babel-nunyalawo katã.


Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu.


Yehowa, ɣekaɣi nado dziku ɖaa ase ɖo, eye wò ŋuʋaʋã nabi abe dzo ene?


Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu?


Yehowa aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã me, eye wòana dzɔgbevɔ̃e nava edzi, abe alesi nubabla ƒe fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe sea ƒe agbalẽ me la le ene.


Aron do ŋu bena: Nye aƒetɔ, megado dɔmedzoe o; wò ŋutɔ enye dukɔ sia bena, ame gbegblẽwo wonye.


Esi wote tu asaɖa la, eye wòkpɔ nyivi la kple alesi wole ɣe ɖumee la, ɖɔme ve Mose, eye woxlã kpe, siwo le esi la, ɖe anyi, eye wogbã ɖe to la te.


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.


Tete dzi ku Nehukadnezar vevie, eye eƒe mo trɔ ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ŋu; eye wòde se be, woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu alesi wodoe tsã.


woaɖakplɔ fiasrɔ̃ Wasti va fia ŋku me, eye fiakuku nanɔ eta, ne wòafia eƒe tugbedzedze dukɔwo kple fiawo, elabena edze tugbe.


Eye fia la bia gbe, amesiwo nya ɣeyiɣi me la se be: — elabena alea fia la tsɔa eƒe nyawo ɖoa amesiwo nya seawo katã kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me la ŋku mee.


Ke fia la tsɔ dziku tsi tre le wein la gbɔ heyi fiasã ƒe abɔ me; eye Haman tsi afima, be yeabia eƒe agbe tso fiasrɔ̃ Ester si, elabena ekpɔ be, fia la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ye ŋu kplikpaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite